Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 10:11 - Agbenya La

11 Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Efrayim enye nyivi mamlã, si nu luƒoƒo vivina: Mekpɔ eƒe kɔ nyui la ta vaseɖe fifi, ke azɔ matsi Efrayim ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba.

Gade chapit la Kopi




Hosea 10:11
13 Referans Kwoze  

Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea?


“Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi, kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene, hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la,


“Mègade ga nu na nyitsu si le agble me le dɔ wɔm o.”


Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.


Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.


O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o, elabena miegbe miaƒe Mawu la hesa vɔ na mawu bubuwo, eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo le lugbɔƒe ɖe sia ɖe.


Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã.”


Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’


Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la, ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia? Ɖe wògadzoboa anyigba, ganɔa edzadzraɖo dzia?


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”


“Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge.


“Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite