Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 1:5 - Agbenya La

5 Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Le ɣemaɣi la maŋe Israel ƒe dati le Yezreel-bali me la.

Gade chapit la Kopi




Hosea 1:5
9 Referans Kwoze  

Azɔ la, Midiantɔwo katã, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒe dukɔ bubuwo wɔ ɖeka eye wotso Yɔdan tɔsisi la va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel balime.


Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.”


Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.


Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.


Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.


Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo, eye woƒe datiwo aŋe.


Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria.


Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite