Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:7 - Agbenya La

7 Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:7
23 Referans Kwoze  

“Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.


Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee.


Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.


“Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”


Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome.


Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ, eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ eye wain na wole movinu wɔm. Aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me, eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.


Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo, eye ame siwo blem wole la bu.


Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi.


Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe,


Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o.


eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa kple nukunuwo ƒe nukunu. Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi, eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”


Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ, megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ, eye womenya nye mɔwo o.”


Ame kae ate ŋu ade dzesi nu gbegblẽ si wòwɔ? Tsɔ nye vodada siwo metsɔ ɣla la kem.


Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.


Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.


Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume.


Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta.


Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋã akpɔ o la ene. Etea ŋu gena ɖe kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo,


Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite