Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:21 - Agbenya La

21 ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 elabena ame mawo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui; ke ame sia zui atamkaka kpe ɖe eŋu heto Mawu dzi, amesi gblɔ nɛ bena: „Yehowa ka atam, eye mele etrɔ ge o: Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu“ —

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:21
10 Referans Kwoze  

Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.”


Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”


Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?


Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o.


Egagblɔ le teƒe bubu be, “Enye nunɔla tegbetegbe, eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ.”


Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee,


Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o,


Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite