Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:2 - Agbenya La

2 Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia:

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:2
26 Referans Kwoze  

“Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta.


Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me, eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.


Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi.


Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,


David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.


Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo.


Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe wain tsetsewo ƒe ewolia eye wòatsɔ wo ana eƒe dɔnunɔlawo kple eƒe subɔlawo.


Ŋkuɖodzikpe sia azu mawusubɔƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò!”


Ewɔ esia tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le egbeŋkekewo me, be wòanye dzɔdzɔetɔ kple ame si tsoa afia na ame siwo xɔ Yesu dzi se la.


“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”


Eyae anye woƒe ŋutifafa. Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto míaƒe mɔ sesẽwo me la, ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti kple kplɔla enyi be woakplɔ mí.


Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o.


“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).


Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae.


Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite