Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 5:8 - Agbenya La

8 Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me;

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 5:8
13 Referans Kwoze  

Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!


Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.


Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.


Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.


Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe, eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti.


Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu Fofowò”? Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa, eye eya hã anye Vinye”?


Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ.


Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me.


Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.


Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite