Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 4:8 - Agbenya La

8 Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 4:8
13 Referans Kwoze  

Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ”


Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.


elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi.


Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la


Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.


Enya dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòma woƒe anyigba na wo be wòanye woƒe domenyinu, eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me.


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la va zu domenyinu na wo.


eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.


Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.


Ekema dzudzɔ si woyɔna be Dzudzɔgbe dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo.


ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite