Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 4:3 - Agbenya La

3 Azɔ mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” Ke hã la, ewu eƒe dɔ la nu tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 4:3
15 Referans Kwoze  

Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be, “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”


Wotiae hafi wova wɔ xexea me, gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛtɔ siawo me le mia ta.


Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me.


Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.


Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.


Eya ta le nye dziku me la, meka atam gblɔ be, ‘Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.’ ”


elabena woawu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la nu be, “Maƒo nu to lododowo me, eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke la gɔme.”


ame si Mawu gblɔ na be, “Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye “Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”, gake womeɖo toe o.


elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.


Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’


Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’


“Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite