Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 3:13 - Agbenya La

13 Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 3:13
13 Referans Kwoze  

Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.


nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.


eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.


Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam.


Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.


Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae.


Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me.


Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’


Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae, ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie.


Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?


Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”


Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu, elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite