Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 2:13 - Agbenya La

13 Egagblɔ be, “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.” Eye wògagblɔ be, “Nye kple vi siwo Mawu nam la míele afii.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wògagblɔ be: „Matsɔ nye ŋuɖoɖo aɖo edzi.“ Eye wògagblɔ be: „Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Mawu tso nam la, enye esi.“

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 2:13
16 Referans Kwoze  

Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname


Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe.


elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o.


Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ, nye Mawu si ŋu meku ɖo.”


Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”


Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.


Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me.


Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”


Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.


O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.


Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?”


Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu, ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la, akpɔ eƒe dzidzimeviwo. Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi, eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite