Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:5 - Agbenya La

5 Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o, eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:5
46 Referans Kwoze  

Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.”


Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.


Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.”


Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta!


“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.


Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie.


Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi, gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo, alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o.


eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.


Gawu la, meli kpli wò, makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi la, eye makplɔ wò nàgbɔ ava anyigba sia dzi dedie. Manɔ kpli wò va se ɖe esime matsɔ nu siwo katã ŋugbe medo na wò la ana wò.”


“Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?


Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.


Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.


Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o.


Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”


Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.


Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu, ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o.


Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!


menye ahatsunola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o, ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o.


Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla.


Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.


“Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo.


Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe; eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.


Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe.


Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o.


Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o.


Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔ̃a nya la dzi le woƒe dziwo me, ale be wometsea ku ɖina o.


ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo.


Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”


Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.


fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo,


Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.”


ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam.


elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.”


Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò.


Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.”


Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o la ene.


Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.


Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o.


“Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o,


woti mía yome, gake Mawu megble mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.


Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?” Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite