Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:12 - Agbenya La

12 Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:12
18 Referans Kwoze  

Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.


Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.


be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,


Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.


Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene.


Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene, eye wòdzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la?


Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo hã ŋu le nyateƒe la me.”


Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime.


Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o.


Esia ta asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ, eye ʋu kple tsi do go.


Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋu me nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze agame.


Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me.


Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo; ʋu si do le wainfiaƒe la me le ɖɔɖɔm va se ɖe sɔwo ƒe numegawo ŋuti ke; afi si wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ (300) ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite