Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:1 - Agbenya La

1 Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi!

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:1
30 Referans Kwoze  

Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o.


Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui.


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.


Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu.


Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.


Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,


Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.


Gake mekpɔ nu sia le ŋutiwò be ègblẽ wò lɔlɔ̃ gbãtɔ ɖi.


Eƒe sedede nye esia be míaxɔ via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene.


Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.


Mele se dem na mi be milɔ̃ mia nɔewo.


eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.


Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me.


Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome.


Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka.


Aleke wohenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite