Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:6 - Agbenya La

6 elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo, eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe Via ŋutsu ene.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si woxɔna la, kple atam.“

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:6
19 Referans Kwoze  

Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.


elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.


O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe, eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm.


Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via, ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie.


O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na, ame si nèfia nui tso wò se la me,


Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ,


Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui, menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la, àwɔm mazu nu maɖinu.


Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene.


Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.


Enyo be woka hiãm, ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo.


Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe.


To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.


Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o eye mègagbe eƒe mokaname o


Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta?


Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite