Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:4 - Agbenya La

4 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:4
12 Referans Kwoze  

Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.


Menya afi si nèle; eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo la. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.


Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.


Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,


“Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã.


Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!


Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite