Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:11 - Agbenya La

11 Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke le fifi ɣeyiɣi me la miebua tohehe kalẽ dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:11
20 Referans Kwoze  

Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa.


Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta.


Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.


Yehowa he to nam vevie, gake metsɔm de asi na ku o.


Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa kple dzideƒo tegbetegbe.


He to na viwò ŋutsuvi elabena eya mee mɔkpɔkpɔ le; ke mègakpe ɖe ame siwo le eƒe ku dim la ŋuti o.


Ame siwo lɔ̃a wò se la, kpɔa ŋutifafa gã aɖe, eye naneke mawɔ wo woakli nu o.


Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku.


Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí.


ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to na wo ɖe woƒe vodadawo ta,


Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!


Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.


Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam, esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòana o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.


Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite