Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:11 - Agbenya La

11 To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Le xɔse me Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:11
10 Referans Kwoze  

Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.


Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me.


Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.


Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu.


Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite