Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:10 - Agbenya La

10 Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 elabena ekpɔ mɔ na du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:10
11 Referans Kwoze  

elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.


Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava,


Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me.


Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo.


Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla.


Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.


Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,


Ŋuɖoɖo kae woana dukɔ ma ƒe ame dɔdɔawo? “Yehowa gaɖo Zion te, eye le afi ma hiãtɔ akpɔ sitsoƒe.”


Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite