Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:7 - Agbenya La

7 Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lãgbalẽ me be, o Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete megblɔ be: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋutinye be, oo Mawu, wò lɔlɔ̃nu mawɔ!“

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:7
12 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.


Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.


“Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.


“Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia.


Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”


Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam.


Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: Ŋkuɖodzinya:


Aƒetɔ Yehowa, ʋu nye towo, eye nyemadze aglã o, nyemegbugbɔ yi megbe hã o.


Mekpɔ nu, eye mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye. Agbalẽ aɖe le asi la me.


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite