Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:2 - Agbenya La

2 Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 ɖe mele nenema o la, ne womadzudzɔ vɔsasa, le esi wokɔ amesiwo nɔa Mawu subɔm la ŋuti zi ɖeka, ale bena nuvɔ̃wo nyanyaa ɖeke maganɔ wo ŋu o la ta o mahã?

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:2
8 Referans Kwoze  

“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


Àgakpɔ nublanui na mí, atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!


Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.


Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”


Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.”


Ɖe nu si mebla kpli wò, tre enu kple ʋu ta la, maɖe wò tso ku me, be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o.


Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite