Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:11 - Agbenya La

11 Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre;

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:11
21 Referans Kwoze  

elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.


Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.


Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe.


Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.


“Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe, nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe. “Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la, wu tsɔtsɔ nam. Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.


Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko, eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadree ƒe sia ƒe la mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o.


“Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290).


“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi


Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”


eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi.


Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa.


Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.”


Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ.


Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ.


Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume? Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa?


eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.


Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite