Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 1:7 - Agbenya La

7 Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene, eye eƒe subɔlawo abe dzo ƒe aɖewo ene.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 1:7
10 Referans Kwoze  

Yae nye eƒe dɔtsɔlawo, eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo.


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi.


Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.


Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe.


Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.


Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii.


Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.


Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite