Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 1:6 - Agbenya La

6 Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke ne egakplɔ ŋgɔgbevi la va xexeame la, egblɔ bena: „Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu ne.“

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 1:6
17 Referans Kwoze  

Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.


Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo, ehea to na eƒe amewo wulawo; ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwo etsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo.


Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã, ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, ke misubɔe, mi mawuwo katã!


Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la,


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.


kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,


Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome.


Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me.


Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.


Eya ta esi Kristo va xexea me la, egblɔ be: “Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam;


Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu Fofowò”? Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa, eye eya hã anye Vinye”?


Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite