Hebritɔwo 1:14 - Agbenya La14 Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti. Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã? Gade chapit la |
Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo.