Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 1:4 - Agbenya La

4 “Ɖe ɣeyiɣi de be miawo ya mianɔ aƒe nyuiwo me esi nye gbedoxɔ ƒe glikpowo gale nenema koa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?

Gade chapit la Kopi




Hagai 1:4
25 Referans Kwoze  

David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”


Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene.


“Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, ke nu ʋɛ aɖe ko miekpɔ, eye ne mietsɔe va aƒe mee la, meɖoa ƒuƒu ɖee, eye metɔna ɖe mia si o. Nu ka tae?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Elabena nye gbedoxɔ ganye gli gbagbã li ko, ke mia dome ame sia ame le ʋiʋlim be miatso aƒe nyuiwo na mia ɖokuiwo.


Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.


Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.


Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi.


Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ. Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me abe le ŋkekenyuiɖugbe ene.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii.


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase


“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’


ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ”


Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ, eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa nublanuikpɔkpɔ le wo me.


Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba, eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.


Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu


Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’ Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me, hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.


Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,


Azɔ la Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋuti.


Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.


Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?


Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite