Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 1:11 - Agbenya La

11 Meɖe gbe be ku neɖi le agblewo kple towo dzi. Kuɖiɖi ana bli, wain yeye, ami kple miaƒe agblemenu bubuwo nagblẽ. Kuɖiɖi la nava amegbetɔwo, lãwo kple amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hagai 1:11
13 Referans Kwoze  

Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe.


Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi.


Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.”


Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”


Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me, eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi, ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi. Yehowae nye eƒe ŋkɔ.


Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã.


Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.


“Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene.


Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe? Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe? Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe,


“Yuda le nu xam, eƒe duwo le fukpekpe me, wole avi fam le anyigba la ta eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem.


“Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem.


Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ɖe nuku siwo woƒãna la ƒe ɖewo ganɔ ava mea? Va se ɖe fifia la, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti metse ku haɖe o. “ ‘Gake tso egbeŋkeke sia dzi la, mayra mi.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite