Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 6:13 - Agbenya La

13 Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena amesiwo wotso aʋa na ŋutɔ hã, melé se la me ɖe asi o, ke boŋ wole didim be, miana yewoatso aʋa na mi, bene yewoaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã me.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 6:13
11 Referans Kwoze  

elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,


Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa?


Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la.


Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexea me ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fifi laa.


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.


eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o.


Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ,


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o.


Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite