Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 6:12 - Agbenya La

12 Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ame alesi nu le didim be, yewoadze nyuie le ŋutilã me la, woawoe zi mia dzi, bena miana woatso aʋa na mi, le esia ta ko, bene woagatsɔ Kristo ƒe atitsoga la ati wo yome o.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 6:12
22 Referans Kwoze  

Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa.


Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana.


Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye.


Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe.


Togbɔ be Tito, ame si le ŋunye nye Helatɔ hã la, womezi edzi be wòatso aʋa o.


Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.


Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo.


Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.


Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui.


Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.


Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, “Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo?


Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be, ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã?


Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”


Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.


Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”


Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.


“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.


“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.


“Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.


“Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite