Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:15 - Agbenya La

15 Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:15
16 Referans Kwoze  

elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.


Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o.


Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o.


Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o.


Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome.


Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso, eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo. Efraim magaʋã ŋu Yuda o, alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o.


Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã,


trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo,


Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o.


Abimelek da aʋalɔgo ɖeka ɖe dua ƒe agbo nu ale be Sekemtɔwo ƒe aʋawɔlawo mate ŋu atrɔ, asi yi dua me o, le esime aʋalɔgo eve bubuawo nɔ wo wum le gbedzi.


Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite