Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:13 - Agbenya La

13 Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:13
31 Referans Kwoze  

Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene.


Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me, eye eyae nye be ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mawɔ ɖokuinye kluvi na ame sia ame ƒomevi, ale be to esia me la, mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o.


Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”


Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene.


Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.


Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;


Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.


Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la.


Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti.


Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ”


Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,


“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me,


Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu.


Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o.


Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.


Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le ko la, afi mae ablɔɖe le.


Kuxi sia do mo ɖa, elabena aʋatsoxɔsetɔ aɖewo va ge ɖe mía dome, be yewoalé ŋku ɖe ablɔɖe, si su mía si le Kristo Yesu me la ŋu, ne yewoawɔ mí kluviwoe.


Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o.


Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite