Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 4:25 - Agbenya La

25 Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 4:25
12 Referans Kwoze  

Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ.


Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.


Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”


eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”


“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o.


“O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o.


Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.


anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu, si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu, Israel ƒe Mawu la ŋkume.


Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!


“Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.


Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar.


Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite