Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!
ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,
Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”
“Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o.
Nye, Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye, xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame kɔkɔe siwo katã le Akaya:
Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.
Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene.