Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 3:17 - Agbenya La

17 Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke esia gblɔm mele: Nubabla, si dzi Mawu ɖo kpee ɖi hena Kristo la, se, si wode ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la, mele ŋu tui, bene woaɖe ŋugbedodo la ɖa o.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 3:17
39 Referans Kwoze  

Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ.


Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa “Amen” to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu.


Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea?


Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me.


Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi.


Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã.


Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.


Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.


elabena esiae Yehowa, Dziƒoʋakɔwo katã ƒe Aƒetɔ la ɖo. Ame kae ate ŋu agblẽ eme? Ekɔ eƒe asiwo dzi, ame kae ate ŋu aɖiɖii?


Wotiae hafi wova wɔ xexea me, gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛtɔ siawo me le mia ta.


Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii.


Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o


Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o.


Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me.


Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi.


Ame aɖe abia be, ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo, eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasiwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o.


Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene.


Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.”


Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o.


Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.


Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me, eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o. Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la, adze mi katã dzi, eye miaɖo baba.


Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me, eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo.


“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa? Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?


Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee.


Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?


Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.


Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.


Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.


eyae nye nu si wòbla kple Abraham kple atam si wòka na Isak.


miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite