Galatiatɔwo 2:19 - Agbenya La19 “Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu. Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191319 Ke nye la meto se la me ku na se la, bene manɔ agbe na Mawu. Mía kple Kristo woklã ɖe atitsoga ŋu. Gade chapit la |
Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.