Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 2:12 - Agbenya La

12 Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena hafi amea ɖewo tso Yakobo gbɔ va la, eya kple trɔ̃subɔlawo dua nu; ke esi wova la, èhe eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa, elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsoa me la.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 2:12
16 Referans Kwoze  

Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o.


Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã.


Azɔ nya ɣaɣla lae nye be: to nyanyui la gbɔgblɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã azu domenyilawo abe Israelviwo ene; wozu ƒometɔwo kple ŋutilã ɖeka, eye woakpɔ gome le ŋugbedodo si le Kristo Yesu me la me.


Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ.


Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.


To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome,


Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye.


“Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema, eye ame kae mievɔ̃ na nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o, eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti le miaƒe dzi me o? Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi tae mievɔ̃na nam oa?


Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ, ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.


Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu.


Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, “Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo?


Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite