Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 1:17 - Agbenya La

17 Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 eye nyemeyi Yerusalem ɖe amesiwo tre apostolonyenye nam la gbɔ o, ke boŋ metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 1:17
7 Referans Kwoze  

Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem be madze si Kefa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.


be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem.


Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko.


Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”


Ŋusẽ gaɖo Saulo ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saulo nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite