Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filemon 1:20 - Agbenya La

20 Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!

Gade chapit la Kopi




Filemon 1:20
14 Referans Kwoze  

Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.


Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem, elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.


Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii.


Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu, eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ, eye mekpɔ nublanui nɛ o la, aleke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme?


Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o.


Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me.


Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene.


Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta.


elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miate ŋu ado dzidzɔ nam ne mele mia gbɔ o. Evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o.


Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite