Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 9:12 - Agbenya La

12 Fia la gblɔ na Fianyɔnu Ester be, “Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃ (500) sɔŋ le Susa mɔ gã la me, ame siwo dome Haman ƒe viŋutsu ewoawo hã le. Ne miewɔ alea le afi sia la, mekpɔ nu si miewɔ le nye fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo ɖa! Ke azɔ la, nu bubu ka dim nègale? Mawɔe na wò, gblɔe nam ko, ekema mawɔe.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete fia la gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena, Ne Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo hekpe ɖe Haman vi ewoawo ŋu la, aleke womahawɔ le fia ƒe anyigba mamleawo dzi oa? Azɔ nuka biam nele? Woana wò. Eye nuka dim nègale? Woawɔ edzi.

Gade chapit la Kopi




Ester 9:12
6 Referans Kwoze  

Fia la gabia Ester esi wonɔ wain nom la be, “Nu kae nèdi be yeabia, Fianyɔnu Ester? Nu ka nèdi? Nu sia nu si wòanye la, matsɔe na wò, ne anye nye fiaɖuƒe la ƒe afãe gɔ̃ hã la, mana wò!”


Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”


Gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ ame siwo wowu le Susa mɔ gã la me ƒe xexlẽme na Fia Ahasuerus.


Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃ (300). Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o.


Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”


Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite