Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 6:13 - Agbenya La

13 Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Haman xlẽ nusiwo katã dzɔ ɖe edzi la, fia srɔ̃a Zeres kple exɔlɔ̃awo katã. Tete eƒe nunyalawo kple srɔ̃a Zeres wogblɔ nɛ bena. Nenye Yudatɔwo ƒe dzidzimeviwo dome Mardoxai, amesi ŋku me nede asi toyiyi me le tso la, ekema màte ŋu awɔ nanekee o, ke boŋ to kokoko nayi agayi le eŋku me!

Gade chapit la Kopi




Ester 6:13
16 Referans Kwoze  

Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la anɔ dedie, ke ame si ƒe mɔwo to vo la adze anyi kpata.


Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.


Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o.


Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.”


Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.


“Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ, akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!


Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.


Tete aƒedzikpɔla la gblɔ ŋutinya blibo la na Isak.


Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!”


Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene.


“Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”


Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite