Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 6:10 - Agbenya La

10 Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete fia la gblɔ na Haman bena: Netsɔ, natsɔ awua kple sɔ la, eye nawɔ na Yudatɔ Mardoxai, amesi bɔbɔ nɔ fia ƒe agbonu la, abe alesi negblɔ ene; eye megana naneke nato le nya, siwo katã negblɔ la me o!

Gade chapit la Kopi




Ester 6:10
7 Referans Kwoze  

Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.


Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


Ekema minyae be, nya ɖeka pɛ hã mado le nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la me o. Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo to eƒe dɔla Eliya dzi.”


Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’ ”


Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”


Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite