Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 4:14 - Agbenya La

14 Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 elabena ne àzi kpi le ɣeyiɣi sia me la, ekema ablɔɖe kple ɖeɖe atso afi bubua ɖe ava na Yudatɔwo, ke mia kple fofowò ƒe aƒe ya miatsrɔ̃ amea ɖe menya nu o, ɖewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.

Gade chapit la Kopi




Ester 4:14
31 Referans Kwoze  

Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta!


lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe.


Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.


Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.


Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.


Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”


Togbɔ be míenye kluviwo hã la, míaƒe Mawu la megblẽ mí ɖe kluvinyenye me o. Ekpɔ nublanui na mí le Persia fiawo ƒe ŋkume. Ena agbe yeye mí be míagbugbɔ míaƒe Mawu la ƒe xɔ atu, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo. Ke eɖo dedinɔnɔ ƒe gli ƒo xlã mí le Yuda kple Yerusalem.


Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.


“Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme.


Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”


Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene.


Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.


Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!”


“Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene.


David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?”


Esi Filistitɔwo bia be ame kae wɔ esia la, woɖo eŋu na wo be, “Samson ye elabena srɔ̃a fofo tsɔ srɔ̃a na ŋutsu bubu wòɖe.” Ale Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnuvi la kple fofoa kple woƒe aƒe.


Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o, ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.


magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi,


Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene.


eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã?


Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be:


Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.


Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li. Ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite