Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 3:5 - Agbenya La

5 Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi Haman kpɔ be, Mardoxai mebɔbɔ hede ta agu na ye o la, dzi ku Haman vevie.

Gade chapit la Kopi




Ester 3:5
13 Referans Kwoze  

Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã.


Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ.


Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”


Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o.


Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake.


Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu.


Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.


Ke esi dɔlawo gblɔ nɛ be fia la be wòava la, egbe meyi o. Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ.


Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye.


Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o.


Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite