Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 2:8 - Agbenya La

8 Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Esime fia ƒe nya kple eƒe se ɖi wose, eye woƒo nyɔnuvi geɖewo nu ƒu ɖe Susa-mɔ̃ me hetsɔ wo de asi na Hegai la, wokplɔ Ester hã va fiasã la me hetsɔ de asi na nyɔnuwo ŋudzɔla Hegai.

Gade chapit la Kopi




Ester 2:8
3 Referans Kwoze  

Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo,


Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.


Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite