Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 2:4 - Agbenya La

4 eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye nyɔnuvi, si adze fia ŋu la, eya nanye fiasrɔ̃ ɖe Wasti teƒe! Tete nya la dze fia la ŋu, eye wòwɔ nenema.

Gade chapit la Kopi




Ester 2:4
11 Referans Kwoze  

Esia ta gbãtɔwo azu mamlɛtɔwo eye mamlɛtɔwo azu gbãtɔwo.”


Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ,


“Elabena woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo wotia.”


Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi.


Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.


Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo,


Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi.


Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite