Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 2:16 - Agbenya La

16 Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Wokplɔ Ester yi fiasã me le fia Axasweros gbɔ le dzinu ewolia, si nye dzinu Tebet la me, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.

Gade chapit la Kopi




Ester 2:16
7 Referans Kwoze  

Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me.


Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo,


Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta.


Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.


Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.


Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.


Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite