Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:2 - Agbenya La

2 Le ɣe ma ɣi me la, Fia Ahasuerus nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa mɔ gã la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 le ɣemaɣi, esime Axasweros bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa-mɔ̃ me la,

Gade chapit la Kopi




Ester 1:2
10 Referans Kwoze  

Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo. Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la,


Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la,


Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to.


Gawu la, Solomo nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi.


Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam.


“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”


Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me.


Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo,


Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite