Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:19 - Agbenya La

19 eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne edze fia ŋu la, ekema woade fia ƒe se, eye woaŋlɔe ɖe Persiatɔwo kple Mediatɔwo ƒe se la me, eye womada edzi o be: Wasti mekpɔ mɔ agava fia Axasweros ŋku me o, eye fia la natsɔ eƒe fianyenye ana nyɔnu bubu, si nyo wui.

Gade chapit la Kopi




Ester 1:19
10 Referans Kwoze  

Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.”


Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.


Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me,


Wokɔ kpe aɖe da ɖe doa nu eye fia la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe ame ŋkutawo ƒe ŋkɔsigɛwo tre do la nu ale be womagatrɔ nya si dzɔ ɖe Daniel dzi la o.


Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345) atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.”


Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae.


Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi.


Hafi zã nado la, mí, wò aɖaŋuɖolawo katã srɔ̃wo ase nu si fiasrɔ̃ la wɔ, eye woade asi nuƒoƒo me na mí bubumewo, wo srɔ̃wo hã nenema tututu, ekema vlodoame kple dɔmedzoe koe anɔ wò fiaɖuƒe blibo la me. Nuwuwu manɔ anyi na amemabumabu kple tɔtɔ sia o,


Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite