Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:16 - Agbenya La

16 Memukan ƒo nu ɖe bubumeawo nu gblɔ be, “Fianyɔnu Vasti da vo, menye ɖe fia la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe fiaŋume ɖe sia ɖe kple ame sia ame si le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒea me la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Memuxan ɖo ŋu le fia kple amegãwo ŋku me bena. Menye fia la ɖeɖeko ŋu fiasrɔ̃ Wasti da vo ɖo o, ke boŋ ɖe amegãwo katã kple dukɔ, siwo katã le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi la hã ŋutie.

Gade chapit la Kopi




Ester 1:16
6 Referans Kwoze  

Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene.


Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi,


Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu.


Fia la bia wo be, “Le sea nu ɖe, nu ka wòle be woawɔ Fianyɔnu Vasti? Mewɔ ɖe gbe si Fia Ahasuerus ɖo ɖee to ŋutsu tatawo dzi la dzi o.”


Ne Persia kple Media nyɔnu ɖe sia ɖe se nu si Fianyɔnu Vasti wɔ ɖe fia la ŋu la, woade asi aglãdzedze me ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wòagblɔ be Fia Ahasuerus ɖe gbe be woakplɔ Fianyɔnu Vasti va ye ŋkume, gake egbe vava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite