Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 5:22 - Agbenya La

22 Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene;

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 5:22
14 Referans Kwoze  

Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi.


Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.


Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene.


Ne wode se sia le wò fiaɖuƒe gã la me la, nyɔnuwo ade bubu wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.”


Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene.


Woɖo agbalẽwo ɖe nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe la me le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye wote gbe ɖe edzi le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me be ŋutsu ɖe sia ɖe naɖu eƒe aƒe dzi, eye wòana ame sia ame nade bubu eŋu abe aƒea ƒe tatɔ ene.


Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔ siwo le anyigba dzi, mide bubu wo ŋu le vɔvɔ̃ me. Misubɔ wo le anukware blibo me abe ale si miasubɔ Kristo ene.


Azɔ esi mietsi tsitre kple Kristo tso ku me ta la, midi nu siwo le dziƒo, afi si Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe ɖusime.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite