Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:9 - Agbenya La

9 (“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke esi wòyi dzi la, nukae, negbe ɖeko bena wòyi anyi me ɖe anyigba ƒe nutowo me hã hafi?

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:9
22 Referans Kwoze  

Elabena Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi, eye wòagatrɔ ayi dziƒo.


elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Abolo si Mawu na lae nye ame si tso dziƒo va, eye wòna agbe xexea me.”


Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!


Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim, woayi ɖe keke anyigba la ƒe tume ke.


Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.


Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”


Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.


Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la,


Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene,


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo la, mienya afi si metso alo afi si meyina o.


Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe!


Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.”


Azɔ Yudatɔwo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta.


Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.


O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.


Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o, esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe. Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe la,


Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ.


Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite